Jeremiah 14:18 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ne meyi ɖe gbedzi la, mekpɔa ame siwo wowu kple yi la ƒe ŋutilã kukuawo. Ne mege ɖe dua me la, mekpɔa nu si gblẽm dɔwuame le. Nyagblɔɖilawo kple nunɔlawo siaa yi ɖe anyigba si womenya o la dzi.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne meyi gbe me la, amesiwo tsi yi nu li, eye ne meva du me la, kpɔ ɖa, amesiwo dɔ te wo ŋu li; elabena nyagblɔɖilawo kple nunɔlawo siaa yina ɖe anyigba, si womenya o la dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne meyi gbe me la, kpɔ ɖa, mekpɔa ame tsiaʋawo ƒe ŋutilãwo le afi ma. Ne mege ɖe dua me la, kpɔ ɖa, mekpɔa ame siwo le kukum le dɔwuame ta la hã le afi ma. Elabe gbeƒãɖela kple nunɔla siaa le woƒe dɔwo wɔm le anyigba la dzi, eye womenya nu si wɔm wole la o.’ ”