Jeremiah 14:19 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ɖe nègbe Yuda gbidiia? Ɖe wò dzi megaku ɖe Zion ŋu oa? Nu ka ta nède abi mía ŋuti ale gbegbe be míate ŋu akpɔ dɔyɔyɔ o? Míekpɔ mɔ na ŋutifafa gake nu nyui aɖeke meva na mí o. Míekpɔ mɔ na dɔyɔyɔ, ke ŋɔdzi boŋue li.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ɖe nègbe Yuda godooa, eye ɖe Zion ƒe nu ti kɔ na wò luʋɔa? Nukaŋuti nèƒo mí, ale be hayahaya megale mía ŋu o? Miele futɔ kpɔm na ŋutifafa, ke nu nyuia ɖeke meva o, miele mɔ kpɔm na hayahayaɣi, ke ŋɔdzi li!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ɖe nègbe Yuda-dukɔa godogodoa? Ðe wò luʋɔ lé fu Ziontɔwoa? Nu ka tae nèƒo mí alea, be dɔyɔyɔ mí megali o? Míele mɔ kpɔm na ŋutifafa, ke nu nyui aɖeke meva o. Míele mɔ kpɔm na hayahaya, ke kpɔ ɖa, ŋɔdzi koe li.