Jeremiah 15:18 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nu ka ta nye vevesese nu mele tsotsom o eye nye abiwo lolo ɖe edzi hezu abi makumakuwo? Ɖe nànɔ nam abe bleziblezita alo vudo si megale tsi dzim o la enea?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nukaŋuti nye vevesesewo anɔ anyi ɖaa, eye nye abiwo anye abi vɔ̃e agbe kuku? Ezu nam abe tɔʋu, si blea ame, kple tsi, si metɔna ɖi o la ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nu ka tae manɔ veve sem ɖaa? Nu ka ta nye abiawo nye abi makumaku? Ðe nèdi be yeanɔ nam abe tɔʋu si blea ame alo tsi si miena kaba la enea?