Jeremiah 15:19 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: “Ne mietrɔ dzi me la, magaɖo mi te be miasubɔm. Ne miagblɔ nya vavãwo, ke menye nya maɖinyawo o, magana mianye nye amewo. Na ame siawo natrɔ ɖe ŋuwò, ke wò màtrɔ ɖe wo ŋu o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Ne ètrɔ ɖe ŋunye la, matrɔ ɖe ŋuwò, eye atsi tre ɖe ŋkunye me. Eye ne eɖe nu nyuiwo ɖe go, menye gbegblẽawo o la, ekema anye nye nu; woawo atrɔ ɖe ŋuwò, ke wòa matrɔ ɖe wo ŋu o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta Aƒetɔ be: “Ne ètrɔ va la, magaɖo wò te, eye àganɔ ŋkunye me asubɔm. Ne ègblɔ nya vavãwo, eye menye nyamaɖinyawo o la, ekema ànɔ abe nye nu ene. Woatrɔ ɖe gbɔwò; ke wò la, màtrɔ ɖe wo ŋu o.