Jeremiah 15:2 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke ne wobia wò be, ‘Afi ka miayi hã’ la, gblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Ame siwo woɖo ɖi na ku la, ayi ku me. Ame siwo woɖo ɖi na yi la, atsi yi nu. Ame siwo woɖo ɖi na dɔwuame la atsi dɔwuame ƒe asi me. Eye ame siwo woɖo ɖi na aboyomeyiyi la, ayi aboyome.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ne wogblɔ na wò be, afika yi ge yewoala hã la, ekema ɖo ŋu na wo be: Ale Yehowa gblɔ esi: Amesi woɖo ɖi na ku la, neyi ku gbɔ, amesi woɖo ɖi na yi la, neyi yi gbɔ, amesi woɖo ɖi na dɔwuame la, neyi dɔwuame gbɔ, eye amesi woɖo ɖi na aboyo la, neyi aboyome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne wobia wò be: ‘Afi ka yi ge míala?’ Ɖo eŋu na wo be: ‘Aƒetɔ be: Ame siwo woɖo ɖi na dɔ vɔ̃ la, woneyi dɔ vɔ̃ gbɔ. Ame siwo woɖo ɖi na yi la, woneyi yi gbɔ. Ame siwo woɖo ɖi na dɔwuame la, woneyi dɔwuame gbɔ. Ame siwo woɖo ɖi na aboyo me yiyi la, woneyi aboyo me.’ ”