Jeremiah 16:10 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ne ègblɔ nya siawo katã na dukɔ sia eye wobia wò be, ‘Nu ka ta Yehowa ɖo gbegblẽ gã sia ɖi ɖe mia ŋuti? Vodada kae miewɔ eye nu vɔ̃ kae miewɔ ɖe Yehowa, miaƒe Mawu la ŋuti hã?’ la,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ne èto nya siawo katã na dukɔ sia, eye wogblɔ na wò be: Nukaŋuti Yehowa ɖo dzɔgbevɔ̃e gã siawo katã ɖe mia ŋu, vo ka míeda, eye nuvɔ̃ ka míewɔ ɖe Yehowa, mía Mawu la ŋu hã la,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ne ègblɔ nya siawo katã na wo la, woabia wò be: ‘Nu ka tae Aƒetɔ ɖoe be dzɔgbevɔ̃e gã sia nadzɔ ɖe mía dzi? Vo kae míeda? Nuvɔ̃ kae míewɔ ɖe Aƒetɔ, mía Mawu la ŋu?’