Jeremiah 16:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eya ta matsɔ mi aƒu gbe tso anyigba sia dzi aɖo ɖe anyigba si miawo alo mia fofowo menya o la dzi. Le afi ma miasubɔ Mawu bubuwo zã kple keli elabena nyemave mia nu o” Yehowae gblɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata matsɔ mi aƒu gbe tso anyigba sia dzi ɖe anyigba, si mia kple mia fofowo mienya o la dzi, gama miasubɔ mawu tutɔwo le zã kple keli, elabena nyemele mia nu ve ge o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
eya ta matsɔ mi aƒu gbe tso anyigba sia dzi, aɖo ɖe anyigba si miawo kple mia tɔgbuiwo siaa mienya o la dzi. Mianɔ afi ma asubɔ mawu bubuwo zã kple keli, eye nyemave mia nu o.’ ”