Jeremiah 16:19 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
O Yehowa, nye ŋusẽ kple nye mɔ sesẽ, nye sitsoƒe le hiahiãgbe, gbɔwòe dukɔwo ava tso anyigba ƒe mlɔenuwo ke, agblɔ be, “Alakpamawuwo koe mia fofowo tsɔ nyi domee; toflokolegbawo wonye, eye womehe nu nyui aɖeke vɛ na wo o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yehowa, wòe nye míaƒe ŋusẽ, míaƒe mɔ̃ sesẽ kple míaƒe sitsoƒe le hiãɣi! Dukɔwo atso anyigba ƒe mlɔeanuwo ava gbɔwò agble bena: Alakpa ɖeɖe sɔŋ mía fofowo tso nyi domee, toflokowo wonye, eye womele ɖeke me o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ, nye ŋusẽ kple nye mɔ́ sesẽ, ne mexaxa la, wòe nye nye sitsoƒe. Dukɔwo atso anyigba ƒe seƒewo ke ava gbɔwò, agblɔ be: “Mía tɔgbuiwo menyi naneke dome wu alakpa o; nu maɖinu siwo me viɖe aɖeke mele o.