Jeremiah 16:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: “Mègayi kuteƒe nàɖu nu o, mègayi afa kple kutɔwo alo aɖe wò konyifafa afia o, elabena meɖe nye yayra, nye lɔlɔ̃ kple nye nublanuikpɔkpɔ ɖa le dukɔ sia dzi.” Yehowae gblɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena ale Yehowa gblɔ esi: Megayi ahoxɔ me o, megayi kuteƒe o, eye megado baba na wo o; elabena meɖe nye ŋutifafa, amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ ɖa le dukɔ sia ŋu, Yehowa ye gblɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Elabe Aƒetɔ be: Mègage ɖe aƒe si me wole konyi fam le la o. Mègayi ɖafa na ame aɖeke alo ado baba nɛ o. Elabe nye Aƒetɔ, meɖe nye ŋutifafa, amenuveve kple nublanuikpɔkpɔ ɖa le dukɔ sia dzi.