Jeremiah 17:11 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Abe ale si koklo ƒoa azi si menye etɔ o ene la, nenemae wòanɔ na ame si ƒo kesinɔnuwo nu ƒu to mɔ fitifitiwo dzi. Kesinɔnuawo avɔ le esi le eƒe agbe me, eye le nuwuwu la, aɖee afia be yenye bometsila.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amesi ƒo kesinɔnu nu ƒu, ke menye to dzɔdzɔenyenye mɔ dzi o la, ele abe tegli, si ƒo vi, gake menye eya ŋutɔe ɖa azi la o la ene; agblẽe ɖi le eƒe agbenɔnɔ titina, eye le nuwuwu me la azu bometsila.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame si to nu madzɔmadzɔ wɔwɔ me kpɔ kesinɔnu ƒo ƒui ɖi la, le abe tegli si ƒo vi gake menye eya ŋutɔe ɖa azia ƒo o la ene. Kesinɔnua abu ɖee le eƒe agbenɔɣi titina, eye wòazu bometsila le eƒe nuwuwu.