Jeremiah 17:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
O Yehowa, Israel ƒe mɔkpɔkpɔ, ame siwo katã gbe wò la, ŋu akpe wo. Ame siwo trɔ le yowòme la, woaŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe kewɔ me elabena wogbe nu le Yehowa, agbetsivudo la gbɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wò Yehowa, Israel ƒe nukpɔkpɔ, amesiwo katã gblẽ wò ɖi la ŋu akpe wo! Woaŋlɔ amesiwo ɖe megbe le ŋuwò la ƒe ŋkɔ ɖe kewɔ me; elabena wogblẽ Yehowa, tsi gbagbe vudo la ɖi!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ, wòe nye Israel ƒe mɔkpɔkpɔ. Ame siwo katã gblẽ wò ɖi la, ŋu akpe wo. Ame siwo trɔ le yowòme la, woaŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe kewɔ me. Elabe wogblẽ Aƒetɔ, tsidzɔƒe gbagbe la ɖi.