Jeremiah 17:18 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Na ŋu nakpe yonyemetilawo, ke nye ya, ɖem tso ŋukpe me. Dzidzi neƒo wo, gake nye ya ŋɔ megadzim o. Na gbegblẽ ƒe ŋkeke la nava wo dzi eye nàgbã wo, agagbã wo ɖe edzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ŋu nekpe yonyemetilawo, ke nye la, ŋu megakpem o, dzi neɖe le wo ƒo, ke dzi megaɖe le nye ya ƒo o. He dzɔgbevɔ̃eɣi va wo dzi, eye nagbã wo gudugudu agagbã wo ɖe dzi!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Na ŋu nakpe yonyemetilawo; ke mègana ŋu nakpe nye ya o. Dzi neɖe le wo ƒo, ke dzi megaɖe le nye ya ƒo o. Na woakpɔ dzɔgbevɔ̃egbe la, tsrɔ̃ wo, nàgatsrɔ̃ wo ake.