Jeremiah 17:25 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
ekema fia siwo anɔ David ƒe fiazikpui dzi la, ava to du sia ƒe agbowo me kple woƒe dumegãwo. Wo kple woƒe dumegãwo anɔ tasiaɖamwo me kple sɔwo dzi ava, Yudatɔwo kple ame siwo le Yerusalem la akplɔ wo ɖo eye du sia anye amenɔƒe tegbee.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ekema fiawo kple amegãwo, amesiwo abɔbɔ nɔ Dawid ƒe fiazikpui dzi la, aɖo tasiaɖamwo, eye woaɖo sewo age ɖe du sia ƒe agbowo me, woawo kple woƒe amegãwo. Yuda-ŋutsuwo kple Yerusalemtɔwo siaa, eye woanɔ du sia me tegbee.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
ekema mana miaƒe fiawo kple fiaviwo age ɖe Yerusalem-dua ƒe agbowo me aɖu fia abe David ene. Woawo kple woƒe amegãwo, Yudatɔwo kple Yerusalemnɔlawo siaa aɖo tasiaɖamwo, ado sɔwo age ɖe du sia me, eye ame anɔ eme fũu tegbee.