Jeremiah 17:26 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Amewo ava tso Yuda duwo kple kɔƒe siwo ƒo xlã Yerusalem la me, woava tso Benyaminyigba dzi kple ɣetoɖoƒebaliwo me, tso keke togbɛnyigbawo dzi kple gbegbenutowo me. Woatsɔ numevɔsawo, akpedavɔsawo, nuɖuvɔsawo, atike ʋeʋĩwo kple kafukafuvɔsawo ava Yehowa ƒe aƒe mee.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye amewo atso Yuda-duwo kple Yerusalem-nutowo me, tso Benyamin-nyigba dzi, tso balimewo kple towo dzi kpakple tso dziehe, eye woahe numevɔsa, akpedavɔsa, nuɖuvɔsa kple dzudzɔʋeʋẽedonu vɛ, eye woatsɔ kafukafuvɔsa ava Yehowa ƒe me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Amewo atso Yuda-duwo kple Yerusalem-gbletawo, Benyamin-nyigba dzi, baliwo me kple towo dzi kpakple Yuda ƒe anyigbeme ava. Woatsɔ numemevɔsa, akpedadavɔsa, nuɖuɖuvɔsa kple lifidzudzɔdonu akpe ɖe akpedadavɔsa ŋu ava Aƒetɔ ƒemee.