Jeremiah 17:4 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
To miawo ŋutɔ ƒe vodada me la, miabu domenyinu siwo katã metsɔ na mi. Mana miazu kluviwo na miaƒe futɔwo le anyigba si mienya o la dzi elabena miede dzo nye dɔmedzoe me eya ta abi ɖe mia ŋuti ɖaa.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye aɖe asi le wò domenyinu, si metsɔ na wò la ŋu, eye mana nasubɔ wò futɔwo le anyigba, si menya o la dzi, elabena miede dzo nye dɔmedzoe la me, eye wòabi tegbee.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mana domenyinu si metsɔ na mi la nage le mia si, eye mana miasubɔ miaƒe futɔwo le anyigba si mienya o la dzi; elabe wode dzo nye dziku me, eye wòabi tegbee.”