Jeremiah 17:8 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eya amea anɔ abe ati si wodo ɖe tɔ to, eye wòƒo ke ɖe tɔʋu la te ene. Ne ŋdɔ le ʋuʋum sesĩe hã la, mevɔ̃na o eye eƒe aŋgbawo hã daa ama ɣe sia ɣi. Eƒe dzi metsona le kuɖiɣi o eye wòtsea ku ɖaa.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyama le abe ati, si wodo ɖe tɔ to, eye wòɖe ke ɖe tɔʋu ŋu la ene; ne ŋdɔ le vevem la, mevɔ̃na o, eye eƒe aŋgbawo dea ama; ne ku ɖi hã, metsia dzimaɖi o, eye wonɔa tsetse dzi ɖaa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ele abe ati si wodo ɖe tɔ to, eye wòɖe ke ɖe tɔʋu ŋu la ene. Ne ŋdɔ le vevem la, mevɔ̃na o, elabe eƒe aŋgbawo dea ama ɖaa. Ne tsi mele dzadzam o hã la, metsia dzimaɖi o; elabe enɔa tsetse dzi ɖaa.”