Jeremiah 19:11 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
eye nàgblɔ na wo be, ‘Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: Magbã dukɔ sia kple du sia gudugudu abe ale si zemela ƒe ze sia gbãe eye womagate ŋu atree o la ene. Woaɖi woƒe ame kukuwo ɖe Tofet va se ɖe esime teƒe maganɔ anyi o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ahagblɔ na wo bena: Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi; Alea magbã dukɔ sia kple du siae, abe alesi wogbãa zemela ƒe ze eye womegatea ŋu trenɛ o la ene, eye woaɖi ame ɖe Tofet, le esi ameɖiƒe le vevem ta.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
eye nàgblɔ na wo be Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: ‘Magbã dukɔ sia kple du sia alea abe ale si wogbãa zee, eye womegatea ŋu trenɛ o la ene. Woaɖi ame ɖe Tofet gɔ̃ hã, elabe teƒe aɖeke maganɔ anyi woaɖi ame ɖo o.