Jeremiah 19:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Aƒe siwo le Yerusalem kple Yuda fiawo ƒe aƒewo la, woagblẽ kɔ ɖo na wo abe Tofet ƒe nɔƒe ene ɖe aƒe siwo katã ƒe tame wodo dzudzɔ ʋeʋĩ le na dziƒoŋunuwo le eye woƒo aha ɖi na mawu bubuwo la ta.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye mado gu Yerusalem-xɔwo kple Yuda-fiawo ƒe xɔwo abe teƒe Tofet ene, xɔ, siwo katã ta me wodo dzudzɔ le na dziƒo ŋu nuwo katã, eye woƒo tsi ɖe anyi na mawu tutɔwo le.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mana Yerusalem-xɔwo, Yuda-fiawo ƒe xɔwo kple xɔ siwo katã tame wotɔ dzo lifi le na dziŋgɔlimenuwo katã, eye woƒo aha ɖi na mawu bubuwo le la nazu teƒe makɔmakɔ abe Tofet ene.’ ”