Jeremiah 19:15 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ kple Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: ‘Kpɔ ɖa, mahe gbegblẽ siwo megblɔ ɖi ɖe du sia kple du bubu siwo ƒo xlãe ŋuti la ava wo dzi elabena wonye kɔlialiatɔwo eye wogbe be yewomaɖo to nye nyawo o.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e, siwo katã megblɔ ɖe wo ŋu la, ava du sia kple eƒe duwo katã dzi; elabena wolia ʋume goŋgoŋ hegbe nye nyawo sese.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la be: Kpɔ ɖa, mahe dzɔgbevɔ̃e siwo katã megblɔ ɖe du sia kple du siwo katã tsɔ ɖe egbɔ ŋu la ava wo dzi, elabe wolia kɔ, gbe nye nyawo sese.”