Jeremiah 19:3 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gblɔ be, ‘Mise Yehowa ƒe nya. O mi Yuda fiawo kple Yerusalem nɔlawo, ale Aƒetɔ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Miɖo to afii! Mele gbegblẽ he ge ava teƒe sia eye ame sia ame si ase nya sia la ƒe towo me aɖi yeeŋ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye nagblɔ na wo bena: Mi Yuda-fiawo kple mi Yerusalemtɔwo, mise Yehowa ƒe nya! Ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mele dzɔgbevɔ̃e he ge ava teƒe sia dzi, eye amesiwo katã see la ƒe tome laɖi yeŋ;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gblɔ na wo be: ‘Mi Yuda-fiawo kple Yerusalemnɔlawo, miɖo to miase Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la ƒe nya. Kpɔ ɖa, mele dzɔgbevɔ̃e he ge ava teƒe sia dzi, eye ame siwo katã asee la ƒe to me aɖi yeŋ.