Jeremiah 19:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Elabena wogblẽm ɖi hetsɔ teƒe sia wɔ dzromawuwo ƒe nɔƒee. Wodo dzudzɔ ʋeʋĩ na mawu siwo woawo ŋutɔ, wo fofowo alo Yuda fiawo gɔ̃ hã menya o. Ale teƒe sia yɔ fũu kple ʋu maɖifɔwo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
elabena wogblẽm ɖi, eye wodo gu teƒe sia, wodo dzudzɔ na mawu tutɔ, siwo woawo kple wo fofowo kpakple Yuda-fiawo menya o la, le afima, eye wotso ame maɖifɔwo ƒe ʋu ya teƒe sia taŋ;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe dukɔ la gblẽm ɖi, eye wògblẽ kɔ ɖo na teƒe sia. Wodo lifidzudzɔ na mawu bubu siwo woawo ŋutɔ kple wo tɔgbuiwo kpakple Yuda-fiawo menya o la le afi ma, eye wotsɔ ame maɖifɔwo ƒe ʋu yɔ teƒe sia taŋ.