Jeremiah 19:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wotu nuxeƒewo na Baal be woatɔ dzo woƒe ŋutsuviwo le afi ma abe vɔsa na Baal ene, nu si nyemeɖo na wo alo gblɔ na wo kaka wòayi nye ta me va ge o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
wodi nuxeƒewo na Baal, ne woata dzo wo viwo abe numevɔsa ene na Baal, nusi nyemeɖo na wo o, nyemegblɔe na wo, alo wòahayi nye ta me va ge gɔ̃ hã o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woɖi vɔsamlekpui na Baal ne woatɔ dzo wo viwo le wo dzi atsɔ sa numemevɔ nɛ. Nyemeɖo nu sia na wo be woawɔ o; meva tame nam gɔ̃ hã o.