Jeremiah 19:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Magbã du sia gudugudu eye mana wòazu alɔmeɖenu. Ame siwo katã ato afi ma ayi la ƒe mo awɔ yaa eye woaɖu fewu le eŋu le ale si wogbãe la ta.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mana du sia nazu gbegbe kple alɔmeɖenu; amesiame, si to eŋu yina la ƒe nu aku le eƒe fuɖenamewo katã ŋu, eye wòaɖe alɔme le eŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mana du sia nazu ŋɔdzinu kple alɔmeɖenu. Ame sia ame si to eŋu yina la atsi yaa, eye wòaɖe alɔ me le eŋu le nu siwo katã dzɔ ɖe edzi la ta.