Jeremiah 20:10 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mese ame geɖewo le dalĩ dom be, “Ŋɔdzi ƒo xlãe! Mitrɔ eta! Mina míadee asi!” Xɔ̃nyewo katã le klalo na nye anyidzedze le gbɔgblɔm be, “Ɖewohĩ woablee ekema míaɖu edzi eye míabia hlɔ̃e.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mese ame geɖewo ƒe ameŋulili kple ŋɔdzi godoo be: „Miɖe egɔme ɖe go, ne miaɖe egɔme ɖe go“! Amesiwo katã nye xɔ̃nyewo la, le xa me ɖe nye anyidzedze ŋu be: Ɖewohĩ ana woblee, eye míaɖi ba ɖe edzi ahabia míaƒe hlɔ̃e.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe mesea dalĩdodowo be: “Ŋɔdzi xɔ afi sia afi! Ɖe egɔme ɖe go! Mina míaɖe egɔme ɖe go!” Xɔ̃nye veviwo kekeake hã le egblɔm, eye wole mɔ kpɔm na nye anyidzedze. “Ɖewohĩ, woate ŋu ablee, míaƒe asi asu edzi, eye míabia hlɔ̃e.”