Jeremiah 20:12 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
O Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, wò ame si doa ame dzɔdzɔewo kpɔ, eye nèdzroa woƒe dzi kple tamesusuwo me, na makpɔ ale si nàbia hlɔ̃ woe elabena wòe metsɔ nye nya de asi na.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wò Yehowa Zebaot, amesi doa ame dzɔdzɔe la kpɔna, eye nèɖea ŋku de ayiku kple dzi la, na makpɔ wò hlɔ̃biabia ɖe wo ŋu, elabena asiwò me metsɔ nye nya de?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, ame si doa ame ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ kpɔna, ame si nyaa ame ƒe tamesusu kple dzimenya, na makpɔ ale si nèle hlɔ̃ bia ge woe, elabe asiwò me metsɔ nye nyawo dee.