Jeremiah 20:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Mawɔ wò nàzu ŋɔdzi na ɖokuiwò kple xɔ̃wòwo katã. Wò ŋutɔ wò ŋkuwo akpɔ ale si xɔ̃wòwo atsi woƒe futɔwo ƒe yi nue. Makplɔ Yuda katã ade asi na Babilonia fia, ame si aɖe aboyo wo ayi Babilonia alo awu wo kple yi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, matsɔ wò awɔ ŋɔdzi na wò ŋutɔ kple xɔ̃wòwo katã, woatsi woƒe tutɔwo ƒe yi nu, eye àkpɔ eteƒe. Matsɔ Yuda blibo la ade asi na Babel-fia, aɖe aboyo wo ayi Babel, eye wòawu wo kple yi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe Aƒetɔ be: Kpɔ ɖa, mana nàzu ŋɔdzi na wò ŋutɔ ɖokuiwò kple xɔ̃wòwo katã. Woƒe futɔwo awu wo kple yi le wò ŋutɔ ŋkuwò me. Matsɔ Yuda-dukɔ blibo la ade asi na Babilon-fia. Akplɔ wo ayi aboyo me le Babilon, eye woawu wo kple yi le afi ma.