Jeremiah 21:1 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gbedeasi sia va na Yeremia tso Yehowa gbɔ esi Fia Zedekia dɔ Pasur, Malkiya ƒe vi kple nunɔla Zefania, Maaseya ƒe vi ɖe egbɔ. Wogblɔ na Yeremia be,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yehowa ƒe gbe, si va na Yeremya, enye si, esime fia Zedekiya dɔ Pasxur, Malxiya vi, kple nunɔla Zefanya, Maaseya vi, ɖo ɖe egbɔ, ne woagblɔ bena:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ gblɔ nya sia na Yeremya, esime Zedekiya, Yuda-fia dɔ Pasxur, Malkiya vi kple nunɔla Zefanya, Maaseya vi ɖo ɖee be: