Jeremiah 21:12 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
O David ƒe aƒe, ale Yehowa gblɔe nye esi: “ ‘Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, ŋdi sia ŋdi, mixɔ na ame si woda adzoe la le ŋutasẽla si, ne menye nenema o la, nye dziku agbã go, abi abe dzo ene, eye ame aɖeke mate ŋu atsii o, ɖe nu vɔ̃ɖi si miewɔ la ta.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Dawid ƒe aƒe, ale Yehowa gblɔ esi: Midrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe ŋdi sia ŋdi, eye mixɔ amesiwo woda adzoe la, tso ŋutasẽla si me, ne nye dziku magalé abe dzo ene, eye wòabi woade tsitsi ge ado kpoe le miaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo ta o!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
David ƒe ƒome, Aƒetɔ be: Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe ŋdi sia ŋdi, eye mixɔ na ame siwo woda dzoe tso ameteɖeanyilawo si me. Ne menye nenem o la, nuvɔ̃ɖi siwo wɔm miele la ana nye dɔmedzoe abi ɖe mia ŋu, eye ame aɖeke mate ŋu atsii o.’ ”