Jeremiah 21:14 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa be, “Mahe to na mi le miaƒe nu tovowo wɔwɔ ta, maɖe dzo ade miaƒe avewo me, eye wòafia nu sia nu si ƒo xlã mi.” ’ ” Yehowae gblɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yehowa be: Mahe to na mi ɖe miaƒe nuwɔwɔwo ƒe kutsetse nu, eye mado dzo ɖe woƒe ave me, ne wòabi woƒe nutowo katã me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mahe to na mi ɖe nu siwo miewɔ la ƒe metsonuwo nu. Aƒetɔ lae gblɔe. Matɔ dzo eƒe ave la, eye dzoa abi nu siwo katã ƒo xlãe.”