Jeremiah 21:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Bia gbe Yehowa na mí elabena Babilonia fia, Nebukadnezar ho aʋa ɖe mía ŋu. Ɖewohĩ Yehowa awɔ nukunu na mí abe ale si wòwɔe le blemaɣeyiɣiwo me ene, ale be wòatrɔ adzo le mía gbɔ.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Bia gbe Yehowa na mi, elabena Babel-fia Nebukaɖnezar le aʋa wɔm kpli mí; ɖewohĩ Yehowa awɔ na mí ɖe eƒe nukunuwo katã nu, eye wòaho adzo tso mia ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Bia gbe Aƒetɔ na mí elabe Nebukadnezar, Babilon-fia le aʋa wɔm kpli mí. Ɖewohĩ Aƒetɔ ave mía nu to eƒe nukudɔwo katã me, esi ana wòagbugbɔ adzo le mía gbɔ.”