Jeremiah 21:4 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
‘Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Kpɔ ɖa, matrɔ aʋawɔnu siwo le asiwò la ɖe ŋutiwò, aʋawɔnu siwo nètsɔ le aʋa wɔm kple Babilonia fia kple Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖe dua le aʋa wɔm kpli wò. Makplɔ wo aƒo ƒu ɖe du sia titina.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Kpɔ ɖa, mana miaƒe aʋawɔnu, siwo le mia si mietsɔ le aʋa wɔm le glia godo kple Babel-fia kpakple Kaldeatɔwo, amesiwo xaxa mi ɖo la, natrɔ agbo, eye maƒo wo nu ƒu ɖe du sia titina;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Migblɔ na Zedekiya be Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la be: ‘Kpɔ ɖa, mana miaƒe aʋawɔnu siwo le mia si mietsɔ le aʋaa wɔm le glia godo kple Babilon-fia kple Kaldeatɔwo, ame siwo xaxa mi ɖo la, natrɔ agbɔ, eye maƒo wo nu ƒu ɖe du sia titina.