Jeremiah 21:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa be le esia megbe la, matsɔ Yuda fia Zedekia, eƒe dumegãwo kple du sia me nɔla siwo dɔvɔ̃, yi kple dɔwuame mewu o la ade asi na Nebukadnezar, Babilonia fia kple woƒe ketɔ siwo le woƒe agbe yome tim. Awu wo kple yi, mave wo nu, akpɔ nublanui na wo loo alo anyo dɔ me na wo o.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yehowa be: Emegbe la matso Yuda-fia Zedekiya, eƒe dɔlawo kple dukɔ la kpakple amesiwo susɔ ɖe du sia me tso dɔvɔ̃, yi kple dɔwuame nu la, ade asi na Babel-fia Nebukadnezar kple woƒe futɔwo kpakple amesiwo le woƒe ku dim, eye wòatsɔ yi ɖaɖɛ awu wo, mave wo nu o, makpɔ wo ta o, eye makpɔ nublanui na wo o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ be esia megbe la, matsɔ Yuda-fia Zedekiya, eƒe dɔlawo, ame siwo le du sia me kple ame siwo atsi agbe tso dɔ vɔ̃a, aʋawɔwɔa kple dɔwuamea si me la, ade fia Nebukadnezar kple woƒe futɔwo kpakple ame siwo le woƒe ku dim la si me. Nebukadnezar awu wo kple yi ɖaɖɛ. Makpɔ nublanui na wo, ave wo nu loo, alo aɖe asi le wo ŋu o.’ ”