Jeremiah 22:15 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ɖe sedati gbogbo siwo le asiwò la wɔ wò nèzu fia? Ɖe nuɖuɖu kple nunono menɔ fofowò si oa? Fofowò wɔ nu si dze eye wòle eteƒe eya ta nu sia nu dze edzi nɛ nyuie.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne ele aɖika dom le sedertiwo me la, ɖe nèbuna be, eyae nye fianyenyea? Fofowò hã ɖu nu, eye wono nu, ke edrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe, eye wòwɔ nu dzɔdzɔe, eye eme nyo nɛ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ðe nèbuna be yenye fia elabe èle ɖi kem le sedertiwo ŋudɔwɔwɔ mea? Ɖe tɔ́wò meɖu nu, no nu, drɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, eye wòwɔ nu dzɔdzɔe oa? Eya tae eme nyo nɛ ɖo.