Jeremiah 22:18 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eya ta ale Yehowa gblɔ le Yosia ƒe vi, Yehoyakim, Yuda fia ŋutie nye esi: “Womafa nɛ agblɔ be, ‘Ao, nɔvinye ŋutsu! Ao, nɔvinye nyɔnu!’ o. Eye womafa nɛ be, ‘Ao, nye aƒetɔ! Ao, eƒe atsyɔ̃!’ o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata ale Yehowa gblɔ ɖe Yuda-fia Yoyakim, Yosiya vi la ŋu enye si: Womafa nɛ be: „Ao, nɔvinyeŋutsu, ao, nɔvinyenyɔnu“ o! Eye womafa nɛ be: „Ao, nye aƒetɔ, ao, eƒe atsyɔ̃“ o!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta Aƒetɔ gblɔ ɖe Yuda-fia Yehoyakim, Yosiya vi ŋu be: “Womafa nɛ be: ‘Ao, nɔvinye ŋutsu!’ alo ‘Ao, nɔvinye nyɔnu!’ o. Womafa nɛ be: ‘Ao, míaƒe Aƒetɔ!’ alo ‘Ao, míaƒe fia bubutɔ!’ o.