Jeremiah 22:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
elabena ne mieɖɔ ŋu ɖo hewɔ ɖe sedede siawo dzi la, ekema fia siwo anɔ David ƒe fiazikpui dzi la, ato fiasã sia ƒe agbowo me, anɔ tasiaɖamwo me, anɔ sɔwo dzi eye woƒe dumegãwo kple dumetɔwo akplɔ wo ɖo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena ne miewɔ nu ɖe nya siawo nu la, ekema fia, siwo abɔbɔ nɔ Dawid ƒe zikpui dzi la, aɖo tasiaɖam, eye woaɖo sɔ age ɖe aƒe sia ƒe agbowo me, woawo kple woƒe dɔlawo kple woƒe dukɔ siaa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe ne miewɔ nya sia dzi tututu la, ekema fia siwo anɔ David ƒe fiazikpui dzi la, ato agbo sia nu ado ayi agbɔ. Woawo ŋutɔ kple woƒe dɔlawo kpakple dukɔ sia me nɔlawo katã anɔ tasiaɖamwo me, eye woado sɔwo.