Jeremiah 22:9 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ŋuɖoɖoa anye be, ‘Elabena wogblẽ Yehowa, woƒe Mawu la ƒe nubabla ɖi hesubɔ mawu bubuwo eye wode ta agu na wo.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye woaɖo ŋu bena: Elabena wogblẽ Yehowa, woƒe Mawu ƒe nubabla ɖi, eye wode ta agu na mawu tutɔwo hesubɔ wo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete woaɖo eŋu be: Esi wogblẽ nu, si wobla kple Aƒetɔ woƒe Mawu la ɖi, eye wode ta agu na mawu bubuwo hesubɔ wo la tae.’ ”