Jeremiah 23:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Anyigba la dzi yɔ fũu kple ahasiwɔlawo eye le fiƒode la ta la, anyigba la ƒu kplakplakpla ale be lãnyiƒe siwo katã le gbegbe la hã yrɔ; elabena Nyagblɔɖilawo ƒe mɔ to vovo eye wowɔa woƒe ŋusẽ ŋu dɔ to mɔ madzɔmadzɔwo dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena ahasitɔwo yɔ anyigba la dzi fũ, fiƒode na nu ti ka na anyigba la, eye gbegbe ƒe lãnyiƒewo ƒu, elabena woƒe zɔzɔme enye vɔ̃, eye woƒe kalẽwɔwɔ mele eteƒe o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe ahasitɔwo yɔ anyigba la dzi taŋ. Anyigba le nu xam le fiƒode la ta. Lãnyiƒewo ƒu kplakplakpla le gbedadaƒo. Woƒe mɔwo vɔ̃ɖi, eye woƒe kalẽwɔwɔ mele eteƒe o.