Jeremiah 23:12 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Eya ta woƒe mɔ dzi aɖiɖi dribadriba, woatsɔ wo aƒu gbe ɖe blukɔ me eye woadze anyi ɖe afi ma. Mahe gbegblẽ ava wo dzi le ƒe si me mahe to na wo.” Yehowae gblɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena woƒe mɔ dzi aɖiɖi dredredre na wo le blukɔ me, eye woakli nu adze anyi le edzi; elabena mahe dzɔgbevɔ̃e ava wo dzi le ƒe, si me mahe to na wo la, Yehowa ye gblɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta woƒe mɔ anɔ na wo abe mɔ siwo le ɖiɖim le viviti me ene. Woanyà wo ɖo ɖe mɔ siawo dzi, eye woadze anyi. Elabe mahe dzɔgbevɔ̃e ava wo dzi le ƒe si me mahe to na wo. Aƒetɔ lae gblɔe.