Jeremiah 23:13 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Mekpɔ bometsinu sia le nyagblɔɖila siwo le Samaria la dome. Wogblɔ nya ɖi le Baal ƒe ŋkɔ me eye wokplɔ nye dukɔ Israel trae.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mekpɔ bometsinuwɔwɔ le nyagblɔɖila, siwo le Samaria la hã ŋu: Wogblɔ nya ɖi to Baal dzi, eye wokplɔ nye dukɔ Israel trae.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gbeƒãɖela siwo le Samaria hã le nane wɔm, menya le kpɔkpɔm o. Wole gbeƒã ɖem le Baal ŋkɔ me, eye wokplɔ nye dukɔ Israel trae.