Jeremiah 23:14 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke mekpɔ ŋunyɔnu sia hã le nyagblɔɖila siwo le Yerusalem la dome. Wole ahasi wɔm eye wole alakpa hã dam. Wodoa ŋusẽ nu baɖa wɔlawo be ne ame aɖeke nagaɖe asi le eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu o. Wo katã le nam abe Sodom ene. Yerusalem nɔlawo le abe Gomoratɔwo ene.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke mekpɔ ŋunyɔnuwɔwɔ le nyagblɔɖila, siwo le Yerusalem la ŋu: Wole amatre wɔm, wole alakpadada dzi, eye wodo ŋusẽ nu vɔ̃ɖi wɔlawo ƒe asi, ale be wometrɔ tso woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo me o; wo katã le nam abe Sodom ene, eye emenɔlawo le abe Gomora ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gake nu si wɔm gbeƒãɖela siwo le Yerusalem le mekpɔ la vɔ̃ɖi: Wole ahasi wɔm, le alakpa dam; wole ŋusẽ dom nuvɔ̃ɖi wɔlawo ƒe asi ale be ame aɖeke mele tɔtrɔm le eƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ me o. Wo katã va zu abe Sodomtɔwo ene nam, eye emenɔlawo le abe Gomoratɔwo ene.”