Jeremiah 23:16 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Migaɖo to nyagblɔɖi siwo gblɔm Nyagblɔɖilawo le na mi la o. Mia flum wole kple mɔkpɔkpɔ ƒuƒlu. Wogblɔa nya si woawo ŋutɔ susu la be ŋutegae yewokpɔ, ke menye nya si do tso Yehowa ƒe nu me o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Migaɖo to nyagblɔɖila, siwo le nya gblɔm ɖi na mi la o; mia flum wole, eye woawo ŋutɔ ƒe dzi ƒe ŋutega tom wole, menye Yehowa ƒe nu me wòtso o,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: “Migaɖo to nya siwo gbeƒãɖelaawo le gbeƒã ɖemee na mi la o. Mia flum wole. Ŋutega siwo gblɔm wole la nye woawo ŋutɔ ƒe susu. Menye Aƒetɔ ye ke nu gblɔ nya aɖeke na wo o.