Jeremiah 23:17 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Wogblɔna na ame siwo doa vlom ɖaa la be, ‘Yehowa be: miakpɔ ŋutifafa’, eye wogblɔna na ame siwo zɔna ɖe woƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe ɖoɖo nu la be, ‘Dzɔgbevɔ̃e aɖeke mava mia dzi o.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wole gbɔgblɔm na amesiwo le vlo domem la be: „Eme anyo na mi“, eye wole gbɔgblɔm na amesiwo katã le zɔzɔm ɖe woƒe dzimesesẽ nu la be: „Dzɔgbevɔ̃ea ɖeke mava mia dzi o“.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wole gbɔgblɔm edziedzi na ame siwo gbe Aƒetɔ ƒe nya la be, ‘Eme anyo na mi’, eye wole gbɔgblɔm na ame siwo katã dze aglã ɖe ŋunye, le nu siwo dze wo ŋu wɔm la be, ‘Dzɔgbevɔ̃e aɖeke madzɔ ɖe mia dzi o.’ ”