Jeremiah 23:32 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Kpɔ ɖa,” ale Yehowa gblɔe nye esi: “Matso ɖe ame siwo tsɔ alakpadrɔ̃ewo gblɔa nya ɖi la ŋuti. Wogblɔnɛ na dukɔa, eye wokplɔa nye amewo tranae to woƒe alakpa vivivo la me, evɔ nyemedɔ wo alo de dɔ asi na wo o. Womenye viɖe aɖeke na nye dukɔ o,” Yehowae gblɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Kpɔ ɖa, ale Yehowa gblɔ esi: Mado ɖe amesiwo tsɔ alakpa drɔ̃ewo gblɔa nya ɖi, eye wolia wo la dzi, amesiwo tsɔa woƒe alakpadadawo kple adegbeƒoƒowo kplɔa nye dukɔ tranae, evɔ wònye nyemedɔ wo o, eye nyemeɖo wo ɖa o hafi; womenye viɖea ɖeke na nye dukɔ o, Yehowa ye gblɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ be: Kpɔ ɖa, metsi tre ɖe ame siwo ɖea gbeƒã alakpadrɔ̃ewo la ŋuti kple ame siwo lĩa woƒe drɔ̃eawo tsɔna kplɔa nye dukɔ tranae to woƒe alakpadada kple woƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo me. Evɔ la, nyemedɔ wo o, eye nyemeɖe gbe na wo be woayi hafi o. Eya ta womeɖe vi aɖeke na dukɔ sia kura o.” Aƒetɔ lae gblɔe.