Jeremiah 23:33 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ne ame siawo, alo nyagblɔɖila alo nunɔla bia wò be, ‘Nu kae nye Yehowa ƒe gbe hã la,’ ɖo eŋu na wo be, ‘Nu ka ƒe gbe? Magbe nu le mia gbɔ’ Yehowae gblɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ne dukɔ sia, nyagblɔɖila alo nunɔlaa ɖe bia wò be, nuka nye Yehowa ƒe agba hã la, ekema ɖo ŋu na wo be: Yehowa be: Miawoe nye agba la, eye matsɔ mi aƒu anyi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ne dukɔ sia me tɔ aɖe alo gbeƒãɖela aɖe, alo nunɔla aɖe bia wò be: ‘Nu ka nye Aƒetɔ ƒe agba?’ hã la, ɖo eŋu na wo be: Aƒetɔ be: ‘Miawoe nye agba la, eye matsɔ mi aƒu gbe.’