Jeremiah 23:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna esime mana atilɔ dzɔdzɔe, aɖe nadze atso David ƒe ƒome me, anye fia si aɖu fia le nunya me eye wòawɔ nu si le eteƒe kple nu si le dzɔdzɔe le anyigba dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yehowa be: Kpɔ ɖa, ŋkekewo li gbɔna, eye dzidzimevi dzɔdzɔea ɖe ado na Dawid, aɖu dzi abe fia ene, eye woawo nu ɖe nunya me, adrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe, eye wòawɔ nu dzɔdzɔe le anyigba dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ be: “Kpɔ ɖa, ɣeyiɣi aɖe gbɔna esime matia fia nu dzɔdzɔe wɔla aɖe tso David ƒe dzidzimeviwo dome. Fia sia aɖu fia kple nunya, adrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe, eye wòawɔ nu dzɔdzɔe le anyigba la dzi.