Jeremiah 23:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke boŋ woagblɔ be, ‘Meta Yehowa, ame si kplɔ Israel ƒe dzidzimeviwo do go tso anyiehenyigba dzi kple dukɔ siwo katã me woɖe aboyo wo ɖo ɖo la ƒe agbe.’ Ekema woanɔ woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ke boŋ yewota Yehowa, amesi kplɔ Israel ƒe aƒe la ƒe viwo tso anyiehe-nyigba kple anyigba, siwo katã dzi wònyã wo ɖo ɖa la dzi vɛ, ne woanɔ woƒe anyigba dzi la ƒe agbe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
ke boŋ be, ‘Metà Aƒetɔ gbagbe ame si kplɔ Israelviwo tso dzigbemenyigba kple anyigba siwo katã dzi wònyà wo ɖo ɖa la dzi vɛ la.’ Ekema woanɔ woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.”