Jeremiah 23:9 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nya siwo ku ɖe nyagblɔɖilawo ŋu: nye dzi gbã le menye eye nye lãme katã le ƒoƒom. Ɖeko mele abe ŋutsu si mu aha alo abe ŋutsu si wain wu ko na la ene, le Yehowa kple eƒe nya kɔkɔewo ta.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ɖe nyagblɔɖilawo ŋu: Nye dzi fli ɖe do me nam, eye nye ƒuwo katã zu behebehe; mezu abe ahamula kple ŋutsu, si wein wu ko na la ene le Yehowa kple eƒe nya kɔkɔeawo ta.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nya siwo gbɔna la ku ɖe gbeƒãɖelawo ŋu: Nye dzi gbã ɖe dɔme nam; nye ƒuwo katã le ʋuʋum. Mezu abe ahamula ene, abe ŋutsu si wain wú ko na la ene, le Aƒetɔ ta, le eƒe nya kɔkɔeawo ta.