Jeremiah 24:1 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Nebukadnezar, Babilonia fia kplɔ Yehoyakim vi Yehoyatsin, Yuda fia, eƒe dumegãwo, aɖaŋudɔwɔlawo kple asinudɔwɔlawo yi ɖe aboyo mee le Babilonia megbe la, Yehowa ɖe gbotsetse kusi eve siwo woda ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ mɔnu la fiam.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi Babel-fia Nebukaɖnezar ɖe aboyo Yuda-fia Yexonya, Yoyakim vi, kple Yuda-amegãwo, atikpalawo kple gbeɖewo tso Yerusalem yi Babel megbe la. Yehowa na mekpɔ gbotsetse kusi eve, si wotsɔ da ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esime Nebukadnezar, Babilon-fia ɖe aboyo Xonya, Yehoyakim vi, Yuda-fia tso Yerusalem yi Babilonia, eye wokplɔ Yuda-dumegãwo, aɖaŋudɔwɔlawo kple gbedewo hã yii vɔ megbe la, Aƒetɔ ɖe ŋutega sia fiam: Kpɔ ɖa, woda kusi eve siwo me gbotsetsewo le la ɖe Aƒetɔ ƒe gbedoxɔ la ŋgɔ.