Jeremiah 24:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi, ‘Mebu aboyome siwo tso Yuda la abe gbotsetse nyui siawo ene, ame siwo meɖo ɖe Babiloniatɔwo ƒe anyigba dzi tso teƒe sia.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Mekpɔ nyuie ɖe Yuda ƒe aboyome, siwo menya tso teƒe sia ɖo ɖe Kaldea-nyigba dzi la ŋu, abe gbotsetse nyui siawo ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la, be: Ale si gbotsetse siawo nyoe la, nenema mabu ame siwo menyà tso Yuda ɖo ɖe aboyo me le Kaldea-nyigba dzi la be wonyoe.