Jeremiah 24:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nye ŋkuwo anɔ wo ŋu hena woawo ŋutɔ ƒe nyonyo eye magakplɔ wo agbɔe va anyigba sia dzi. Matu wo eye nyemagbã wo aƒu anyi o. Mado wo eye nyemaho wo aƒu gbe o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Matsɔ nye ŋku aɖo wo ŋu hena nyuiwɔwɔ, eye mana woatrɔ agba va anyigba sia dzi, matu wo, eye nyemagbã wo o, mado wo, eye nyemaho wo o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nye ŋku anɔ wo ŋu hena nyui, eye makplɔ wo agbugbɔ va anyigba sia dzi. Matu wo woatsi, eye nyemagbã wo o. Mado wo, eye nyemaho wo o.